JesghobyGrace's podcast

Jesgho by Grace

Rejoin nous et lisons la parole de Dieu et aussi prier. JesghobyGrace podcast est là pour vous accompagner chaque semaine dans la voie spirituel du Dieu vivant Jesus Christ . EWEBIBLE is a weekly podcast to help EWE speaking believers to Persevere in God way no matter the situations. . (DZIDODO LE FUTƆWO KATÃN ŊUTI). Perserance en Dieu devant tous les enemies. Prenons en consideration la parole de Dieu en lisant et en meditant sur la parole Biblique chaque fois pour communiquer avec notre Dieu spirituellement et naturellement. Avec Ce podcast JESGHOBYGRACE, Dieu pretera l'orèille a nos prière et nous aidera a mieux comprendre sa parole au nom Suprême de Jesus Christ. Join me in this journey of reading the holy Bible (Ewebible) with lyrics in English and French. Thank you and God bless you.

Episodes

  1. 05/25/2022

    PSALMOWO 1O - Ewebible

    Psalmowo 10 [1] Yehowa, nukaŋuti nètsi tre ɖe adzɔge boo, eye nèɣla le xaxaɣiwo me? [2] Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dada doa dzikatsoƒoe na hiãtɔwo; woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe aye, si woɖo la, ale woe. [3] Elabena ame vɔ̃ɖi tsoa eƒe dzimedidiwo ƒoa adegbee, eye ŋubiala ɖea Yehowa ɖe aga heɖea alɔme le eŋu. [4] Ame vɔ̃ɖi buna le eƒe dada me be: Mabia eta ase o, Mawua ɖeke meli o. Eƒe tamesusu katã nye esi. [5] Eƒe nuwɔwɔ dzea dzi nɛ ɣesiaɣi; wò ʋɔnudɔdrɔ̃ le dziƒo ʋi tso egbɔ, eye wòɖoa ƒuƒu de eƒe ketɔwo katã yome. [6] Egblɔna le eƒe dzi me bena: Ke maɖe le tenye akpɔ o, eye amesi maɖo dzɔgbevɔ̃e me ɣeaɖekeɣi akpɔ gbeɖegbeɖe o la, menye. [7] Ɖiŋudodo, alakpa kple ŋutasẽnya yɔ nu me nɛ taŋ, eye gbegblẽ kple dzɔgbevɔ̃e le eƒe ade te. [8] Enɔa xa me ɖe agblekɔƒewo xa, ebena wua ame maɖifɔ, eye wònɔa ŋu tsam na ame kudɔewo. [9] Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzata le eve dodoe me ene, edea xa ɖi, be yealé hiãtɔ la, eye wòléa hiãtɔ la henɔa ehem kple eƒe ɖɔ. [10] Eƒonɛ ƒua anyi, eye wòmiminɛ ɖe anyigba: eƒe ŋusẽ nana ame kudɔewo dzea anyi. [11] Egblɔna le eƒe dzi me be: Mawu ƒe ŋku dzo le edzi, eɣla eƒe mo, eye mele ekpɔ ge akpɔ gbeɖegbeɖe o. [12] Yehowa, tso! Mawu, kɔ wò asi dzi, eye megaŋlɔ hiãtɔ be o! [13] Nukaŋuti ame vɔ̃ɖi le alɔme ɖem le Mawu ŋu le gbɔgblɔm le eƒe dzi me be, mabia eta ase oa? [14] Ekpɔe, elabena wò ŋku le hiã kple nuxaxa ŋu, esiwò me wole; hiãtɔwo tsɔe de esi na wò; xɔnametɔ nènye ne tsyɔ̃eviwo. [15] Ŋe abɔ na eme vɔ̃ɖi kple nuvɔ̃wɔla; ɖe àdi eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye mãkpɔe oa? [16] Yehowa enye fia tegbetegbe, dukɔwo tsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi. [17] Wò Yehowa, èɖo to hiãtɔwo ƒe didi, èli ke woƒe dzi, eye nèƒu wò to anyi, [18] ne natso afia na tsyɔ̃eviwo kple hiãtɔwo, be amegbetɔ magaɖa ɖadzra le anyigba dzi azɔ o. Ewebible 1913

    7 min
  2. 04/25/2022

    Psaume 9 (EWEBIBLE

    Psalmowo 9 [1] Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Ŋutsuvi la ƒe ku“ ƒe gbeɖiɖi nu. [2] Makafu Yehowa tso dzi blibo me, eye maxlẽ wò nukunuwɔwɔwo katã afia. [3] Makpa dzidzɔ, dzi adzɔm de ŋuwò, eye manyaowo ŋkɔ, wò dziƒoʋitɔ, [4] le esi nye tutɔwote gbugbɔ ɖe megbee, wodze anyi, eye wotsrɔ̃ le ŋkuwò me ta. [5] Elabena woe tso nye nya kple nye kodzoɖoɖo la wode go; ebɔbɔ nɔ fiazi dzi, wò ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe. [6] Ehe nya de dukɔwo ŋu, ètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, eye nètutu woƒe ŋkɔ da ɖikaɖika. [7] Wotsrɔ̃ futɔwo, wogbã woƒe duwo wozu aƒedo ɖikaa, eye ŋkuɖoɖo wo dzi megali o. [8] Ke Yehowa li tegbee, eye wodo eƒe fiazikpui anyi gli de ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu. [9] Adrɔ̃ ʋɔnu xexeame godoo ɖe eteƒe, eye wòatso afia dzɔdzɔe na anyigba dzi dukɔwo. [10] Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me. [11] Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò; elabena wò, Yehowa, megblẽa amesiwo dia yowòme mɔ la ɖi o. [12] Midzi katukafuha na Yehowa, amesi le Zion, miɖe gbe ƒã ele nutsuwɔwɔwo le dukɔwo dome! [13] Elabena ebia hlɔ̃ hlɔ̃dolawo, eɖoa ŋku wo dzi, eye meŋlɔa hiãlɔwo ƒe ɣlidodo be o. [14] Ve nunye, Yehowa! Wò amesi ɖe asi tenye tso ku ƒe agbowo me la, kpa alesi mele fu kpem le nye adikãtɔwo si me la ɖa: [15] na maxlẽ nya afia le wò ŋkɔxɔxɔwo katã ŋu le Zion-vinyɔnu ƒe duwo me, eye matso aseye le xɔname ŋuti. [16] Dukɔwo ge dze ɖo, si woawo ŋutɔ woɖe la me, eye ɖɔ, si woɖo di la, ɖe woƒe afɔ. [17] Yehowa de eɖokui fia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu; ame vɔ̃ɖi ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe eya ŋutɔ. Miyro saŋkuawo! Sela. [18] Ame vɔ̃ɖiwo kple dukɔ, siwo katã ŋlɔ Mawu be la, negbugbɔ yi tsiẽƒe. [19] Elabena womaŋlɔ ame dahe be ɖikaa o, eye hiãlɔwo ƒe mɔkpɔkpo mabu tegbee o. [20] Tso, Yehowa, megana amegbetɔ ƒe alɔ naɖe dzi o! Na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwò me! [21] Yehowa, do ŋɔdzi na wo, ne dukɔwo nadze sii be, amegbetɔwo yewonye! Sela Ewebible 1913

    8 min
  3. Psaume 7(Ewebible)

    03/27/2022

    Psaume 7(Ewebible)

    Psalmowo 7(Ewebible) Dawid ƒe konyifaha, si wodzi na Yehowa, le Benyamintɔ Kus ƒe nyawo ta. 2 Yehowa, nye Mawu, mesi wò tso, xam tso yonyemetilawo katã si me, eye naɖem, 3 ne womagalem avuvu abe dzata ene, eye xɔnametɔa ɖeke manɔ anyi o!4 Yehowa, nye Mawu, ne mewɔ nusia, nu tovo le ɖe asi ŋu nam,5 eye mewɔ vɔ̃ ɖe xɔ̃nye ŋu la, — eva wonye meɖe amesi lé fum yakatsyɔ la hafi —6 ekema futɔ neti yonyeme, eye wòatum, nefanyam ɖe anyigba, eye wòate nye bubu ɖe ke me! Sela.7 Tsi tre, Yehowa, le wò dɔmedzoe me; tso ɖe nye ketɔwoƒe agbodzedze ŋu, eye nadzɔ ŋunye, wò amesi ɖo ʋɔnudɔdrɔ anyi la! 8 Dukɔwo ƒe amehawo ɖe to ɖe wò, to wo dzi nagbugbɔ ayi dziƒo!9 Yehowa enye dukɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃lã. Drɔ̃ ʋɔnum, Yehowa, de nye dzɔdzɔenyenye kple fɔmaɖimaɖi, si le ŋunye la nu!10 Na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso, eye nali ke ame dzɔdzɔe la; elabena wò, Mawu dzɔdzɔe la, édzroa dziwo kple ayikuwo me kpɔna.11 Nye akpoxɔnu le Mawu si, eya xɔna na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.12 Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe kple Mawu, si dzi kuna daa.13 Ne amea de metrɔ tame o ta, enyrea eƒe yi, evua eƒe da me ɖi, eye wònɔa adeklo dzi.14 Edzidzenɛ kple lãnuwo, eye wòdraa dzo eƒe aŋutrɔwo.15 Kpɔ ɖa, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe fu le eɖum; efɔ dzɔgbevɔ̃e ƒe fu, eye wòava dzi alakpa.16 Eɖe ʋe, eye wòwlu eme, ke ege dze do, si wòɖe la me. 17 Eƒe dzɔgbevɔ̃e trɔ va eƒe ta dzi, eye eƒe ŋutasesẽ gbugbɔ va dze eƒe dzodome.18 Makafu Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋuti, eye menyɔ Yehowa, dziƒoʋitɔ la, ƒe ŋkɔ.

    8 min

About

Rejoin nous et lisons la parole de Dieu et aussi prier. JesghobyGrace podcast est là pour vous accompagner chaque semaine dans la voie spirituel du Dieu vivant Jesus Christ . EWEBIBLE is a weekly podcast to help EWE speaking believers to Persevere in God way no matter the situations. . (DZIDODO LE FUTƆWO KATÃN ŊUTI). Perserance en Dieu devant tous les enemies. Prenons en consideration la parole de Dieu en lisant et en meditant sur la parole Biblique chaque fois pour communiquer avec notre Dieu spirituellement et naturellement. Avec Ce podcast JESGHOBYGRACE, Dieu pretera l'orèille a nos prière et nous aidera a mieux comprendre sa parole au nom Suprême de Jesus Christ. Join me in this journey of reading the holy Bible (Ewebible) with lyrics in English and French. Thank you and God bless you.